TNI Ghana

AGBENYAWO XEXLẼ

AGBENYAWO XEXLẼ
OSƆFO CHRIS OYAKHILOME
YAWOƉA, ADEƐMEKPƆXE 27, 2025

WOƉU SATANA DZI KEŊKEŊ

“Wosi ami na wò kple kerubi, abe amedzikpɔla ene, elabena nenemae meɖo wòe. Ènɔ Mawu ƒe to kɔkɔe la dzi, eye nèzɔ le dzokpewo dome” (Xezekiel 28:14).

Ne ame aɖe bia be, “Nu ka tae Mawu metsyrɔ Satana tso gɔmedzedzea o?” la, ŋuɖoɖo la le nyateƒenya nyanyɛ me be: Wosi ami na Satana. Biblia yɔe be, “kerubi si wosi ami na…” Eye dɔ si amisisi la wɔna la ƒe akpa aɖee nye be etɔa kpɔ ɖe ame ŋu. Kpɔtɔtɔ si womate ŋu agblẽ o lae Mawu na Satana. 

Mawu mewɔa avu kple Eya ŋutɔ eɖokui o. Eƒe nunanawo kple yɔyɔ mevana dzimetɔtrɔ manɔmee o. (Romatɔwo 11:29). Susu ma tae wometsyrɔ Satana blibo o ɖo. Amisisi aɖe le edzi si tomaɖomaɖo kura gɔ hã mete ŋu ɖe ɖa o. Ðe esia teƒe la, Mawu de ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖo aɖe tome. Ekplɔ ame aɖe si wosi ami na be wòaɖu Satana dzi le se kple gbɔgbɔme ɖoɖowo nu la vɛ.

Xlẽ nya si Yuda 1:9lia si gblɔ be Mawudɔla Mixael gɔ hã, esi wònɔ nya hem kple Satana tso Mose ƒe ŋutilã kukua ŋuti la, mete ŋu do dzi gblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe eŋuti o. Ke ɖeko wògblɔ be, “Aƒetɔ la aka mo na wò.” Esia dzɔ alea elabena se la ƒe ŋusẽ le Satana si.

Esi Aɖam dze tetekpɔ me la, etsɔ eƒe Mawu me ŋusẽ la de asi na Satana. Satana le ɖoƒe ma la, xɔ nane si wu kerubi si wosi ami na; Aɖam ƒe ŋusẽ ma su esi, si ɖoe ɖoƒe kɔkɔ ɖe dɔlawo dzi. Mixae de dzesi esia. Togbɔ be Mawudɔla si le ɖoƒe kɔkɔ ye wònye hã la, ese Satana ƒe senyawo gɔme. Eya ta eyɔ ŋusẽ si gbɔ etɔ me la: Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ. Eye le Ŋkɔ ma me la, míekpɔ ŋusẽ ɖe Satana dzi eye míeɖua edzi.

Eya ta susu gbãtɔ si ta Mawu metsyrɔ Satana o ɖo lae nye amisisi si le edzi la ta. Eveliae nye ŋusẽ si Satana kpɔ to Aɖam ƒe anyidzedze dzi. Gake Mawu ƒe ɖoɖo la mewu enu o. Aƒetɔ Yesu, Aɖam evelia la va, ame si wodzi to Gbɔgbɔ la me, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la si ami nɛ kple ŋusẽ eye wòɖu Satana dzi le se, gbɔgbɔme ɖoɖowo kple xexeme ɖoɖowo nu. Akpa si le vevie lae nye be míewɔ esia ɖekae elabena míele Eyama me le Eƒe ku, ɖiɖi, tsitretsitsi kple dziɖuɖu mavɔ ɖe Satana, dzomavɔ kple vivitimeŋusẽ dzi la me. Ðe esia ta la, Èɖu Satana dzi blibo.

GBEDODOƉA
Aƒetɔ Lɔlɔ̃tɔ, akpe na wò ɖe wò nunya kple wò Nya deto la ta. Mede dzesi wò afia nyui tsotso, wò ŋusẽ kple wò dzɔdzɔenyenye ƒe ɖetsɔleme matrɔmatrɔ la. Akpe na wò be nèdɔ Aƒetɔ Yesu, ame si wosi ame na la, ɖe amegbetɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la ta, si na ŋusẽ kple atsekpakpa mí ɖe Satana kple eƒe hatiwo dzi. Mezɔna le dziɖuɖu ma ke me egbe, le Yesu ƒe Ŋkɔ me. Amen.

NUSƆSRƆ̃ TUTUƉEDZI
Elabena nenye to ame ɖeka ƒe vodada me ku la ɖu fia to ame ɖeka dzi la, ekema amesiwo xɔ dzɔdzɔenyenye ƒe amenuveve kple nunana ƒe agbɔsɔsɔ la, woaɖu fia geɖe awu le agbe me to Yesu Kristo ɖeka dzi.
(Romatɔwo 5:17)

Ke Mixael, mawudɔla gã la, esime wòle anuku tsyɔm hele nu ƒom kple Abosam le Mose ƒe kukua ŋuti la, medo dzi gblɔ busufɔbubu ɖe eŋuti o, ke boŋ egblɔ bena: Aƒetɔ la laka mo na wò!
(Yuda 1:9)

Eye wòɖe dziɖulanyenye kple ŋusẽwo ɖi, eye wòdo ŋukpe wo le gaglãgbe, eye wòkpɔ dziɖuɖudzidzɔ ɖe wo dzi to me.
(Kolosetɔwo 2:15)

Dzesi siawo lava me to ame siwo xɔe se la dzi: To nye ŋusẽ me woanyà gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe; woagblɔ gbe yeyewo.
(Marko 16:17)

BIBLIA XEXLẼ LE ƑE ƉEKA ME
2 Petro 1
Xezekiel 37-38

BIBLIA XEXLẼ LE ƑE EVE ME
Yohanes 15:11-19
1 Kronika 27

Leave a Reply

Your email address will not be published. Required fields are marked *